Colossians 4

1Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be, miawo hã la Aƒetɔ le mia si le dziƒo eye wòle ŋku lém ɖe mia ŋuti vevie.

Sedede bubuwo

2Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ eye mida akpe na Mawu. 3Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo esi ta mele game le afi sia ɖo. 4Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene.

5Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋutidɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuƒoƒo kple wo me. 6Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame.

Gbedoname vovovowo

7Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye kutrikula si subɔa Aƒetɔ la kplim. 8Medɔ dɔ tɔxɛ siae be wòava kpɔ ale si miele ɖa eye be wòafa akɔ na mi ade dzi ƒo hã na mi. 9Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom, ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi.

10Aristarko, ame si le game kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnaba nɔvi. Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.

11Yesu, si wogayɔna hã be Yusto la hã do gbe na mi nyuie. Ame siawo nye Yudatɔwo le nye dɔwɔhatiwo dome hele dɔ wɔm na mawufiaɖuƒe la eye wonye akɔfafa gã aɖe nam. 12Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣesiaɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi eye miakpɔ kakaɖedzi blibo. 13Mate ŋu aka ɖe edzi na mi be, ewɔ dɔ sesĩe ɖe mi kple kristotɔ bubu siwo le Laodikea kple Hierapoli la nu, 14Luka, Atikewɔla lɔlɔ̃ la kple Dema hã do gbe na mi nyuie.

15Mido gbe na nɔvi kristotɔ siwo le Laodikea nam. Mido gbe na Nimfa kple hame si kpea ta le eƒe aƒeme la nam. 16Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo hã axlẽ. 17Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ nu siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.”

18Esia nye nye ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi. Miɖo ŋku dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me le afĩ sia. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Copyright information for EweBEE